2 Corinthians 7

Paulo ƒe dzidzɔ

1Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina mía dzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ. Eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.

2Le míaƒe dɔwɔwɔ me kpli mi la míekplɔ ame aɖeke to mɔ tatra aɖeke dzi o, míeba ame aɖeke alo gblẽ ame aɖeke ƒe naneke o eya ta miʋu miaƒe dziwo ƒe ʋɔtruwo ne miaxɔ mí ɖe eme. 3Nyemele esiawo gblɔm be matsɔ fɔbubu aɖeke ada ɖe mia dzi o, elabena megblɔ va yi xoxo be mena teƒe mi le nye dzi me tegbee be manɔ agbe kpli mi eye maku hã kpli mi. 4Meɖoa dzi ɖe mia ŋu ŋutɔ eye medana ɖe mia dzi hã ŋutɔ eye togbɔ be nuxaxa kple vevesese geɖe le dzinye hã la, ne meɖo ŋku mia dzi ko la, dzideƒo ɖoa asinye eye dzidzɔ yɔa menye taŋtaŋtaŋ.

Nuxaxa si hea dzimetɔtrɔ vɛ

5Míekpɔ ŋutifafa aɖeke esi míeva ɖo Makedonia o, fukpekpewo sɔŋ koe ƒoxlã mí. Amewo do dzre na mí to mɔ ɖe sia aɖe dzi, eye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi yɔ mía me fũu ŋutɔ. 6Ke Mawu, ame si ŋutɔ dea dzi ƒo na ame siwo ƒo dzi ɖe le la, de dzi ƒo na míawo hã esi Tito va ɖo mía gbɔ. 7Menye esi wòva ɖo mía gbɔ dedie la ɖeɖe koe na be míekpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nya siwo keŋ wògagblɔ nam tso mia ŋuti tae; ale si miexɔe nyuie, ale si wònye miaƒe didi be yewoakpɔm, eye ale si wove mi ŋutɔ be mele fu geɖe kpem kple ale si miele klalo be yewoalé nu siwo mefia mi la ko me ɖe asi la, na megli kple dzidzɔ. 8Fifia la megavem be meŋlɔ agbalẽ sesẽ ma ɖo ɖe mi o, togbɔ be mexa nu geɖe le eŋu le gɔmedzedzea me hã la, menya be miawo hã miexa nu ɣeyiɣi kpui aɖe ko.

9Azɔ la mekpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe bena meɖo agbalẽ ma ɖe mi. Nyemele dzidzɔ kpɔm bena miexa nu o, ke boŋ be agbalẽ la na miedzudzɔ agbe vlowo nɔnɔ eye mieva Aƒetɔ la gbɔ. Mawu ŋutɔe to dzinye ŋlɔ agbalẽ ma na mi be miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eya ta menye míawoe na miexa nu o.

10Elabena ɣeaɖewoɣi la, Mawu nana míexaa nu be míadze si míaƒe nu vɔ̃wo eye míadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ eye míadi agbe mavɔ la. Ke ne ame aɖe menye kristotɔ o gake wòxa nu vevie le eya ŋutɔ ƒe agbe vlo nɔnɔ ta gake metrɔ zu kristotɔ o la, ayi dzo mavɔ me godoo le eƒe kugbe. 11Miawo ŋutɔ mikpɔ nu si Mawu wɔ na mi to agbalẽ si meŋlɔ na mi dzi la ɖa. Ena mieku kutri eye mietsi dzimaɖi be yewoatsri nu vɔ̃ si ŋu meƒo nu le na mi la wɔwɔ. Vɔvɔ̃ ɖo mi le nuwɔna ma ta eye miedi gɔ̃ hã be mava kpe ɖe yewo ŋuti le nya sia me. Miehe to na ame siwo wɔ nu gbegblẽ sia hã vevie, eye mieɖe mia ɖokui fia be miede nu si wòwɔ la dzi o. 12Eya ta ɖe meŋlɔ agbalẽa koŋ be Aƒetɔ la naɖe ale si melɔ̃na na mí la afia ke menye ɖe ŋutsu ma si xɔ fofoa srɔ̃ alo fofoa si ŋu wòda vo ɖo la koŋ ta o.

13Hekpe ɖe dzideƒo si miena mí to lɔlɔ̃ si mieɖe fia mí la ŋu la, míegakpɔ dzidzɔ geɖe hã le ale si miexɔ Tito kple nu nyui siwo katã miewɔ nɛ be eƒe dzi dze eme la ta. 14Hafi Tito nadzo le gbɔnye la, metsɔ mi ƒo adegbe nɛ eye meɖi ɖase nyui le mia ŋuti nɛ, eye vavã miewɔ nu siwo megblɔ nɛ tso mia ŋuti la hã nɛ. Abe ale si metoa nyateƒe na mi le nu sia nu me ene la, nenema ke me gblɔ nyateƒe tso mia ŋuti na Tito hã. 15Azɔ ne Tito hã ɖo ŋku ale si mieɖo toe le nu si wòfia mi me, ale si mieɖe lɔlɔ̃ fiae kple ale si miexɔe kple dzi blibo dzi la, enana be eya hã ƒe lɔlɔ̃ na mi gadzina ɖe edzi. 16Ke esi menya be ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ gaɖo mía dome azɔ la, ena be nye hã mekpɔ dzidzɔ blibo eye megaɖo ŋu ɖe mia ŋu le nu sia nu me.

Copyright information for EweBEE